Yehowa Ðasefowo ƒe Internet dzi Nyatakaka Dzraɖoƒe

Gɔmedzedze Beliefs Future Medical Topics Contact Us Publications Languages

Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?

Esi do ŋgɔEdziyiyi

Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?

YEHOWA ÐASEFOWO xɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la dzi se. Nuwɔwɔ wɔnuku siwo gɔme menya sena o siwo le xexe si ƒo xlã mí me la ɖeɖe dzaa ɖee fia wòsɔ be Wɔla sẽŋu aɖe si nya nu wu amesiame ye wɔ wo katã. Abe alesi ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe dɔwɔwɔwo ɖea woƒe nɔnɔmewo fianae ene la, nenema ke Yehowa Mawu hã tɔ ɖea eƒe nɔnɔmewo fianae. Biblia gblɔ na mí be ‘tso xexemewɔwɔ dzi la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me.’ Azɔ hã, “dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia” numaƒomaƒoe.—Romatɔwo 1:20; Psalmo 19:2-5.

ANYIGBA . . . Yehowa ye wɔe . . . amegbetɔwoe alé be nɛ . . . woanɔ edzi tegbee

Amewo memea ze alo wɔa television kple kɔmpiutawo dzodzro o. Anyigba kple edzi nuwɔwɔ siwo nye numiemie kple lãwo wɔ nuku sã wu nu mawo. Míate ŋu ase amegbetɔ ƒe ametia ƒe wɔwɔme kple lãmenugbagbevi triliɔn geɖe siwo le eme la gɔme o—ahɔhɔ̃ si míetsɔ bua tamee la gɔ̃ hã wɔ nuku ale gbegbe be míate ŋu ase eƒe dɔwɔwɔ gɔme o! Ne tameɖoɖo aɖe tae amegbetɔ toa nusiwo mede nusiawo nu o vɛ la, ke tameɖoɖo aɖe le Yehowa Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnukuawo ŋu! Lododowo 16:4 gblɔ be tameɖoɖo aɖe tae wòwɔ wo ɖo: “Nusianu, si Yehowa wɔ la, kple etɔe li.”


Tameɖoɖo aɖe tae Yehowa wɔ anyigba la ɖo, abe alesi wògblɔe na ame eve gbãtɔawo ene be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi . . . , miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (Mose I, 1:28) Esi atsu kple asi siawo meɖo to o ta la, womete ŋu na ƒome dzɔdzɔe siwo alé be na anyigba kple edzi numiemie kple lãwo lɔlɔ̃tɔe la yɔ anyigba dzi o. Gake woƒe kpododonu mena Yehowa ƒe tameɖoɖo tsi akpo dzi o. Woŋlɔe ƒe akpe geɖe megbe be: “Mawu, eya amesi mè anyigba . . . , menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o.” Ðe “wòmèe, be woanɔ edzi.” Womatsrɔ̃e o, ke boŋ ‘anyigba la li tegbee.’ (Yesaya 45:18; Nyagblɔla 1:4) Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba ava eme: “Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi.”—Yesaya 46:10.

Eyata Yehowa Ðasefowo xɔe se be anyigba anɔ anyi tegbee eye be ame, agbagbeawo kple kukuawo, siwo katã awɔ nu wòasɔ ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba dzeani si dzi amewo le nu la anɔ edzi tegbee. Ameƒomea katã nyi blibomademade dome tso Adam kple Xawa gbɔ eye le ema ta wonye nuvɔ̃mewo. (Romatɔwo 5:12) Biblia gblɔ na mí be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” (Romatɔwo 6:23; Nyagblɔla 9:5; Xezekiel 18:4, 20) Ke aleke woawɔ agava nɔ agbe akpɔ gome le anyigba dzi yayrawo me? To Kristo Yesu ƒe tafevɔsa la dzi ko, elabena egblɔ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.” “Amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye . . . woado go.”—Yohanes 5:28, 29; 11:25; Mateo 20:28.

Aleke esia ava emee? Woɖe eme le “fiaɖuƒe la ƒe nyanyui” si Yesu dze egɔme ɖe gbeƒãe esime wònɔ anyigba dzi la me. (Mateo 4:17-23) Gake egbea Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem nyanyuia le mɔ tɔxɛ aɖe nu.

YEHOWA ÐASEFOWO ƑE DZIXƆSE

Dzixɔse Ŋɔŋlɔawo me Kpeɖodzi
Biblia nye Mawu ƒe Nya eye wònye nyateƒe Tim. II, 3:16, 17; Pet. II, 1:20, 21; Yoh. 17:17
Kakaɖedzi le Biblia ŋu sã wu kɔnyinyiwo Mat. 15:3; Kol. 2:8
Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa Ps. 83:19; Yes. 26:4; 42:8; Mose II, 6:3
Kristo nye Mawu ƒe Vi eye Mawu tee wòle Mat. 3:17; Yoh. 8:42; 14:28; 20:17; Kor. I, 11:3; 15:28
Kristo nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ Kol. 1:15; Nyaɖ. 3:14
Ati ŋue Kristo ku ɖo, ke menye ɖe atitsoga ŋu o Gal. 3:13; Dɔw. 5:30
Wotsɔ Kristo ƒe amegbetɔ ƒe agbe xe tafe ɖe amegbetɔ toɖolawo ta Mat. 20:28; Tim. I, 2:5, 6; Pet. I, 2:24
Kristo ƒe vɔsa ɖeka la ɖeɖe sɔ gbɔ Rom. 6:10; Heb. 9: 25-28
Wofɔ Kristo tso ku me wòzu gbɔgbɔmeme makumaku Pet. I, 3:18; Rom. 6:9; Nyaɖ. 1:17, 18
Kristo ƒe anyinɔnɔ nye gbɔgbɔ me tɔ Yoh. 14:19; Mat. 24:3; Kor. II, 5:16; Ps. 110:1, 2
‘Nuwuɣia’ mee míele fifia Mat. 24:3-14; Tim. II, 3:1-5; Luka 17:26-30
Fiaɖuƒe si le Kristo te aɖu anyigba dzi le dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa me Yes. 9:5, 6; 11:1-5; Dan. 7:13, 14; Mat. 6:10
Fiaɖuƒea ana anyigba dzi nɔnɔ navivi Ps. 72:1-4; Nyaɖ. 7:9, 10, 13-17; 21:3, 4
Anyigba matsrɔ̃ alo amewo navɔ le edzi gbeɖe o Nyagb. 1:4; Yes. 45:18; Ps. 78:69
Mawu aɖe fifi nuɖoanyia ɖa le Harmagedon-ʋa la me Nyaɖ. 16:14, 16; Zef. 3:8; Dan. 2:44; Yes. 34:2; 55:10, 11
Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖikaa Mat. 25:41-46; Tes. II, 1:6-9
Amesiwo ƒe nu dzea Mawu ŋu akpɔ agbe mavɔ Yoh. 3:16; 10:27, 28; 17:3; Mar. 10:29, 30
Mɔ ɖeka koe ɖo ta agbe me Mat. 7:13, 14; Ef. 4:4, 5
Adam ƒe nuvɔ̃e na amegbetɔwo kuna Rom. 5:12; 6:23
Ne amegbetɔ ku la, eƒe luʋɔ menɔa anyi o Xez. 18:4; Nyagb. 9:10; Ps. 6:6; 146:4; Yoh. 11:11-14
Hell nye ameƒomea ƒe yɔdo Hiob 14:13 Dy; Nyaɖ. 20:13, 14
Ame kukuwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye tsitretsitsi Kor. I, 15:20-22; Yoh. 5:28, 29; 11:25, 26
Woaɖe ku si Adam he vɛ la ɖa Kor. I, 15:26, 54; Nyaɖ. 21:4; Yes. 25:8
Ame 144,000 ƒe alẽha sue la koe ayi dziƒo eye woaɖu fia kple Kristo Luka 12:32; Nyaɖ. 14:1, 3; Kor. I, 15:40-53; Nyaɖ. 5:9, 10
Wogbugbɔa ame 144,000 la me tɔwo dzina wozua Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo Pet. I, 1:23; Yoh. 3:3; Nyaɖ. 7:3, 4
Wobla nu yeye kple gbɔgbɔ me Israel Yer. 31:31; Heb. 8:10-13
Kristo ŋutɔ dzie wotu eƒe hamea ɖo Ef. 2:20; Yes. 28:16; Mat. 21:42
Yehowa koe wòle be míado gbe ɖa na to Kristo dzi Yoh. 14:6, 13, 14; Tim. I, 2:5
Mele be míazã nɔnɔmewɔwɔwo le tadedeagu me o Mose II, 20:4, 5; Mose III, 26:1; Kor. I, 10:14; Ps. 115:4-8
Ele be míatsri gbɔgbɔyɔyɔ Mose V, 18:10-12; Gal. 5:19-21; Mose III, 19:31
Satana ye nye xexe sia ƒe fia makpɔmakpɔ Yoh. I, 5:19; Kor. II, 4:4; Yoh. 12:31
Mele be Kristotɔ nakpɔ gome le xɔsetsakatsaka ƒe habɔbɔ aɖeke me o Kor. II, 6:14-17; 11:13-15; Gal. 5:9; Mose V, 7:1-5
Ele be Kristotɔ naɖe eɖokui ɖa tso xexeame Yak. 4:4; Yoh. I, 2:15; Yoh. 15:19; 17:16
Wòawɔ ɖe amegbetɔ ƒe se siwo metsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu o dzi Mat. 22:20, 21; Pet. I, 2:12; 4:15
Ʋu xɔxɔ to nu me alo ʋukawo me nye dada le Mawu ƒe sewo dzi Mose I, 9:3, 4; Mose III, 17:14; Dɔw. 15:28, 29
Ele be míawɔ ɖe agbenyuinɔnɔse siwo le Biblia me dzi Kor. I, 6:9, 10; Heb. 13:4; Tim. I, 3:2; Lod. 5:1-23
Israel-viwo koe wode Sabat ɖuɖu ƒe se na eye ewu nu kple Mose ƒe Sea Mose V, 5:15; Mose II, 31:13; Rom. 10:4; Gal. 4:9, 10; Kol. 2:16, 17
Osɔfowo ƒe ha kple ŋkɔ tɔxɛwo tsɔtsɔ mesɔ o Mat. 23:8-12; 20:25-27; Hiob 32:21, 22
Amegbetɔ medzɔ to nɔnɔmetɔtrɔ me o ke boŋ ɖe wowɔe Yes. 45:12; Mose I, 1:27; Mat. 19:4
Kristo ɖo kpɔɖeŋu si wòle be míasrɔ̃ le Mawu subɔsubɔ me Pet. I, 2:21; Heb. 10:7; Yoh. 4:34; 6:38
Nyɔnyrɔxɔxɔ si me wonyrɔa ame ɖe tsi me keŋkeŋ nye adzɔgbeɖeɖe ƒe kpɔɖeŋu Mar. 1:9, 10; Yoh. 3:23; Dɔw. 19:4, 5
Kristotɔwo tsɔa dzidzɔ ɖia ɖase le Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ŋu Rom. 10:10; Heb. 13:15; Yes. 43:10-12
 

Wotae ƒe 2000

GɔmedzedzeEtameEsi do ŋgɔEdziyiyi

Copyright © 2006 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania. All rights reserved.