Yehowa Ðasefowo ƒe Internet Dzi Nyatakaka Dzraɖoƒe

Gɔmedzedze Beliefs Future Medical Topics Ne Èdi Be Yeake Ɖe Mía Ŋu Publications Languages
Biblia

Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?

Aleae Mawu Ðoe Be Nuwo Nanɔa?


TAWO

  1. Ameka Tututue Mawu Nye?
  2. Biblia La—Agbalẽ si Tso Mawu Gbɔ
  3. Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?
  4. Amekae Nye Yesu Kristo?
  5. Tafe La—Mawu ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake
  6. Afikae Ame Kukuwo Le?
  7. Mɔkpɔkpɔ Vavã si Li na Wò Ame Vevi Siwo Ku
  8. Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
  9. “Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Nyateƒea?
  10. Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo—Alesi Wokpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzii
  11. Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
  12. Agbe Nɔnɔ Alesi Wòadze Mawu Ŋu
  13. Bu Agbe abe Alesi Mawu Bunɛ Ene
  14. Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me
  15. Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
  16. Ðoe Kplikpaa Nànɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ Me
  17. Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
  18. Akpa si Nyɔnyrɔxɔxɔ Wɔna le Mia Kple Mawu Dome Ƒomedodo Me
  19. Yi Edzi Nànɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃ la Me

Ta nya siwo le axa sia Ta nya siwo le axa sia

TSƆ nyadzɔdzɔgbalẽ ɖesiaɖe nàxlẽ kpɔ. Ʋu television, alo ʋu radio. Nusiwo nàkpɔ alo nya siwo nàse la ƒe akpa gãtɔ koe nye hlɔ̃dodo, aʋawɔwɔ, kple ŋɔdzinuwɔwɔ! Azɔ trɔ susu ɖe wò ŋutɔ wò kuxiwo ŋu kpɔ. Ðewohĩ dɔléle alo wò ame vevi aɖe ƒe ku na nèle nu xam. Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me abe alesi ame dzɔdzɔe Hiob see ene, amesi gblɔ be ‘yele hiã teƒe kpɔm ŋutɔ.’—Hiob 10:15.

Bia ɖokuiwò be:

Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le Biblia me.

NUSI BIBLIA FIA ENYE BE MAWU AHE TƆTRƆ SIAWO AVA ANYIGBA DZI.

Ame tsitsi aɖe gazu ɖekakpui

“Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4


Nyɔnuvi bunɔ aɖe le kpo tim

“Xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene.”—Yesaya 35:6


Ŋkunɔ aɖe ƒe ŋkuwo gaʋu

“Ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu.”—Yesaya 35:5


Dzi le nyɔnu aɖe dzɔm be wofɔ yeƒe ame veviwo wogagbɔ agbe

“Amesiwo katã le yɔdowo me la, . . . woado go.”—Yohanes 5:28, 29


Ŋutsuvi aɖe si dze dɔ la haya

“Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24


Lugblewo

“Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16


NA NUFIAFIA SIWO LE BIBLIA ME NAÐE VI NA WÒ

Ame eve le Biblia srɔ̃m

Mègatsɔe be nya siwo míegblɔ va yi la nye mɔkpɔkpɔ gbɔlo aɖe kura o. Mawue do ŋugbe be yeawɔ nusiawo eye Biblia la ɖe alesi wòana wòava emee la me.

Gake menye nya mawo koe le Biblia me o. Biblia la gafia nusi tututu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ agbe si me dzidzeme le fifia kura gɔ̃ hã. Wò ya bu kuxi kple dzimaɖitsitsi siwo me tom nèle ŋu kpɔ. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewoe nye ganyawo, ƒomekuxiwo, dɔléle, alo wò ame vevi aɖe ƒe ku. Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe kuxi siwo me tom nèle egbea nu, eye ate ŋu ana nàkpɔ gbɔdzɔe to biabiawo abe esiwo le afisia ene la ƒe ŋuɖoɖo kpɔkpɔ me:

Agbalẽ sia si xlẽm nèle fia be èdi be yeanya nusi tututu Biblia la fia tso nya siawo ŋu. Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nànya nyateƒea. De dzesii be memama siwo le axa ɖesiaɖe la ƒe biabiawo dze le axaa gɔme. Edzɔa dzi na ame miliɔn geɖe siwo dzroa Biblia me kple Yehowa Ðasefowo be yewoawɔe to nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe mɔnu sia dzi. Míeka ɖe edzi be adzɔ dzi na wò hã. Neva eme be Mawu nayra wò geɖe esime nusi tututu Biblia fia la nyanya azɔ na nèle dzidzɔ kple dzidzeme geɖe kpɔm!

NYA WÒ BIBLIA LA NYUIE

Biblia

AGBALẼ kple lɛta siwo katã le 66 ye ƒo ƒu wɔ Biblia la. Woma esiawo ɖe tawo kple kpukpuiwo me be nyawo didi nanɔ bɔbɔe. Ne woyɔ mawunyakpukpuiwo le agbalẽ sia me la, xexlẽdzesi gbãtɔ si kplɔ ŋkɔa ɖo la fia Biblia ƒe agbalẽ ma ƒe ta, eye esi gakpe ɖe eŋu enye kpukpuia. Le kpɔɖeŋu me, ŋɔŋlɔ si nye “Timoteo II, 3:16” fia Timoteo ƒe agbalẽ evelia, ta 3, kpukpui 16.

Ne èxlẽa mawunyakpukpui siwo woyɔ le agbalẽ sia me la, eteƒe madidi o ànya Biblia la nyuie. Azɔ hã, anyo ŋutɔ ne èwɔ ɖoɖo xlẽ Biblia la gbesiagbe. Ne èxlẽa ta etɔ̃ vaseɖe atɔ̃ gbesiagbe la, àwu Biblia bliboa xexlẽ nu le ƒe ɖeka me.

EtameEsi kplɔe ɖo

Wotae le ƒe 2005 me